Matthew 4:1-11

Abosam te Yesu kpɔ

(Marko 1:12-13; Luka 4:1-13)

1Le esia megbe la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔ Yesu yi gbedzii bena Abosam natee akpɔ. 2Yesu tsi nu dɔ le afi sia ŋkeke blaene kple zã blaene, eye emegbe dɔ wui vevie ŋutɔ.

3Esi Abosam kpɔ esia la, eva tee kpɔ gblɔ nɛ be, “Nenye wòe nye Mawu Vi la vavã la, ɖe gbe na kpe siawo be woatrɔ zu abolo na wò nàɖu.”

4Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Woŋlɔe ɖi be, ‘Menye abolo ɖeɖe ko ŋu ame nanɔ agbe ɖo o, ke boŋ nya sia nya si Mawu gblɔ la ŋutie.’”

5Azɔ Abosam kplɔe yi Yerusalem du kɔkɔe la me eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔ ƒe tame ke, 6hegblɔ nɛ bena, “Be nàfia be Mawu Vi nènye la, ti kpo tso afi sia ne nàdze anyigba elabena, mawunya gblɔ bena, ‘Mawu adɔ eƒe dɔlawo ɖa bena woaxe wò le yame be màtsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o.’”

7Yesu gagblɔ nɛ bena, “Woŋlɔ da ɖi hã be mègate Aƒetɔ wò Mawu kpɔ o.”

8Le esia megbe la, Abosam kplɔ Yesu yi to kɔkɔ aɖe ƒe tsɔ̃eƒe ke eye wòɖe xexe sia me ƒe dukɔwo katã kple woƒe atsyɔ̃nuwo katã fiae. 9Egblɔ nɛ be, “Matsɔ nu siawo katã na wò nenye be nèdze klo de ta agu nam pɛ ko.”

10Yesu blu ɖe Abosam ta bena, “Satana, te ɖa le gbɔnye, mèse mawunya gblɔ bena, ‘Aƒetɔ wò Mawu la ko nàsubɔ, eya ko wòle be nàɖo toe oa?’” 11Ale Abosam gblẽe ɖi hedzo, eye mawudɔlawo va egbɔ va subɔe.

Copyright information for EweBEE